Ewe Choral Medley by
Автор: Bethel Revival Choir
Загружено: 11 янв. 2025 г.
Просмотров: 352 549 просмотров
#akpe #bethelrevivalchoir #ewe #worship #local #ghana #africa
Subscribe to this channel : Bethel Revival Choir
-------------------------------------------------------------
Follow us on:
-Facebook: Bethel Revival Choir
-Twitter: Bethel Revival Choir
-Instagram: Bethel Revival Choir
Enquiries/Invitations/Bookings: +233544222154
Website: www.bethelrevivalchoir.com
Email us: [email protected]
------------------------------------------------------------------
*Lyrics*
1.
Mida akpe na Mawu,
(Let’s thank God)
Mi amegbetɔwo kple nuwo katã
(Everyone and everything)
Ekpɔ mía dzi ena 'gbe mi
(He has taken care of us and given us life)
Wòvea mia nu hexɔ na mi
(He has helps us and delivers us)
Akpe miada nɛ, akpe mia da nɛ
(We will thank him, we will thank him)
Elɔ na mi ŋutɔ
(He loves us so much)
Akpe akpe akpe akpe
(Thanks, thanks, thanks, thanks)
Mitso aseye, aseye na Mawu
(Let’s rejoice and praise God)
Mika fu eƒe ŋkɔ modoe ɖe dzi dzi dzi me wo keŋ
(Let’s praise His name, Let’s lift his name on high)
2.
Nyemenya akpe ka gɔ mada na wo
(I don’t know how to thank you enough)
Akpe ka gɔ mada na wo
(How to thank you enough)
Oo Mawu vi gbɔgbɔ kɔkɔe
(Oh son of God, Holy Spirit)
Akpe ka gɔ ma da na wo
(How do I thank you enough)
Oo Mawu vi gbɔgbɔ kɔkɔe
(Oh son of God, Holy Spirit)
Akpe ka gɔ mada na wo
(How do I thank you enough)
3.
Nu kae mawɔ mada akpe na wo
(What do I do to thank you)
Nu kae mawɔ mada akpe na wo
(What do I do to thank you)
Nu kae matsɔ mada akpe na wo
(What do I use to thank you)
Dela Yesue fiam ne mawɔe kaba
(Jesus, teach me, so I do it quickly)
Hadzidzi matsɔ mada akpe na wo
(Should I sing to thank you?)
ɣeɖuɖu matsɔ ma da akpe na wo
(Should I dance to thank you?)
Nu kae matsɔ mada akpe na wo
(What do I use to thank you)
Ɖela Yesue fiam ne mawɔe kaba
(Jesus, teach me, so I do it quickly)
4.
Mewu mo dzi ɖe toawo ŋu
(I lift my eyes to the hills)
Afi ka nye xɔname atso ava
(From whence cometh my help)
Nye xɔname atso Yehowa
(My help comes from the Lord)
Dziƒo kple anyigba wɔla gbɔ
(The Creator of heaven and earth)
Mewu mo dzi ɖe toawo ŋu
(I lift my eyes to the hills)
Afi ka nye xɔname atso ava
(From whence cometh my help)
Mekpɔ Yesu le Calvary
(I’ve seen Jesus on Calvary)
Menya be nye Xɔla le agbe
(I know my deliverer lives)
Nye Xɔla le agbe (3x)
(My Deliverer lives)
Nye xornametɔ le agbe
(My Deliverer is alive)
5.
Yesu Christo ƒe vava ɖo vɔ
(Jesus Christ’s coming is near)
Yata nɔviwo minɔ klalo ɖa hee
(Therefore beloved, be ready)
Mina míatsɔ Mawu ƒe nya bla 'li dzi sesiẽ
(Vest yourselves deeply in the word of the Lord)
‘Labe kaleawo koe ade aƒe
(Because only the brave ones will go to Heaven)
Kalea wo (koe ade aƒe)
(Only the brave ones will go to Heaven)
Kaleawo (koe ade aƒe)
(Only the brave ones will go to Heaven)
Kalea wo (nɔvinyewo)
(Only the brave ones, beloved)
Kaleawo
(Only the brave ones)
Mina mía tsɔ Mawu ƒe nya bla 'li dzi sesiẽ
(Vest yourselves deeply in the word of the Lord)
‘Labe kaleawo koe ade aƒe
(Because only the brave ones will go to Heaven)
6.
Ne meɖo ŋku nu siwo nye Mawu wɔ nam la
(When I remember the things my God has done for me)
Akpe ko mada nɛ
(I can only thank Him)
Akpe (Akpe ko) mada nɛ
(I can only thank Him)
Ne meɖo ŋku nu siwo nye Mawu wɔ nam la
(When I remember the things my God has done for me)
Akpe ko mada nɛ
(I can only thank Him)

Доступные форматы для скачивания:
Скачать видео mp4
-
Информация по загрузке: